Acts 23

Paulo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume

1Paulo lĩ ŋku ɖe takpekpea dzi gãa eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam, be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi.”

2Esi wòɖe nu le nya sia me tete ko la, Osɔfogã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.

3Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!”

4Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ ne nànɔ Mawu ƒe Osɔfogã la dzum alea?”

5Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye Osɔfogã la o, elabena mawunya gblɔe be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò kplɔlawo ŋu o.’”

Ʋiʋli ɖo Zadukitɔwo kple Farisitɔwo dome

6Enumake susu aɖe va tame na Paulo. Ekpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖe nye Zadukitɔwo eye ɖe hã nye Farisitɔwo. Eya ta edo ɣli gblɔ bena, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnui egbe lae nye be nye hã mexɔe se abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.” 7Esi wògblɔ esia ko la ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome eye takpekpea ma ɖe akpa eve, 8elabena Zadikitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Faristɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.

9Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo tsi tre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.

10Howɔwɔa va de dzi blibo eye ameawo nɔ Paulo hem tso afii yi afi. Mlɔeba la, asrafoawo ƒe amegã ɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ ne menye nenema o la woava vuvui, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.

11Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ va gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.”

Wo ɖo nugbe ɖe Paulo ŋu be woawui

12Esi ŋu ke la Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o. 13Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene. 14Woyi Osɔfogãwo kple dumemegãwo gbɔ hegblɔ woƒe ɖoɖoa na wo. 15Wogblɔ na wo be, “Migawɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la mee abe nyitsɔ ene. Míawo la míabe ɖe mɔa dzi eye ne wokplɔ Paulo gbɔnea la, míadzo adze edzi awui.”

16Ke Paulo ƒe nyruiyɔvi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla yi ɖagblɔe na Paulo.

17Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpuia yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe elabe nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ. 18Asrafoa kplɔ ɖekakpuia yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene.

19Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nye kae nèdi be yeagblɔ nam?”

20Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee kple susu be yewoagabia gbee. 21Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wobe ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”

22Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpuia be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.

Woɖo Paulo ɖe Kaisarea

23Enumake asrafomegã la yɔ etevi eve eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asieke me. 24Miƒo asrafo tutsɔla alafa eve, akplɔtsɔla alafa eve kple sɔdola blaadre nu ƒu, eye midi sɔ na Paulo wòado ale be miakpɔe ayi ɖade asi na Gɔvinagã Felike dedie.”

25Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale. 26Klaudio Lisia Na Bubutɔ, Gɔvinagã Felike Xɔ gbedoname nyui sia.

27Gbe ɖeka la Yudatɔwo lé ŋutsu sia eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mesee be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woyi ɖaxɔe le wo si. 28Emegbe la mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo. 29Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔe be menye nya gobi aɖekee wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o. 30Ke, le esime mesee be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.
31Ale, le zã ma me la asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre. 32Esi ŋu ke la wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaisarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe. 33Esi wova ɖo Kaisarea la, wotsɔ Paulo de asi na Gɔvinagã la eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ. 34Esi Mɔmefiagã la xlẽ agbalẽa vɔ la, ebia Paulo du si me tɔ wònye, eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”

35Azɔ Gɔvinagã la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le fia Herodes ƒe fiasã me.

Copyright information for EweBEE